1 Chronicles 1:43 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye: Bela, Beor ƒe vi. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesiwo ɖu fia le Edom-nyigba dzi, hafi fia va nɔ Israel nu la, wonye: Bela, Beor vi; eƒe du enye Dinhaba.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia siwo ɖu Edom-nyigba dzi hafi fia aɖe naɖu fia le Israel la woe nye: Bela, Beor vi, ame si ƒe fiadue nye Dinhaba.