1 Chronicles 10:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
woƒe aʋawɔlawo katã yi aʋagbea dzi eye wotsɔ eƒe kukua kple viawo tɔwo gbɔ va Yabes. Woɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Yabes eye wofa wo ŋkeke adre sɔŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ŋutsu aʋawɔlawo katã ho, eye wova tsɔ Saul kple viawo ƒe kukuawo yi Yabes; woɖi woƒe ƒuwo de baniti la te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete woƒe kalẽtɔwo katã bla akpa, eye woyi ɖatsɔ Saul kple viawo ƒe kukuawo va Yabes. Woɖi woƒe ƒuwo ɖe ati aɖe te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adrẽ.