1 Chronicles 10:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la meli o, elabena evɔ̃ ŋutɔ. Tete Saul tso eƒe yi hedze enu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Saul gblɔ na eƒe aʋawɔnutsɔla be: “Ðe wò yi ƒo ɖem, ne bolobolotɔ siawo nagava ɖi gbɔm o.” Ke eƒe aʋawɔnutsɔla la gbe elabe ele vɔvɔ̃m ŋutɔ. Ale Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi tu ɖi, eye wòdze enu.