1 Chronicles 10:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi ŋu ke, eye Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu la, wokpɔ Saul kple viawo woku ɖe Gilboa-to la dzi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke evea gbe, esi Filistitɔwo va be yewoaɖe nu le ame tsiaʋawo ŋu la, wokpɔ be Saul kple viawo ku ɖe Gilboa-toa dzi.