1 Chronicles 11:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ be, “Mawu nana nu sia wɔwɔ nate ɖa xaa tso gbɔnye. Ɖe mano ŋutsu siawo, ame siwo de woƒe agbe ke la ƒe ʋua?” Esi wode woƒe agbe xaxa me be woaku tsi la vɛ nɛ ta la, David menoe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
hegblɔ bena: Nye Mawu nena esia wowɔ naɖe megbe xaa tso gbɔnye! Ɖe mano ŋutsu siawo ƒe ʋu, si nye woƒe agbea? Elabena wotsɔ woƒe agbe ke hafi kui vɛ! Eye wogbe be, yemanoe o. Kalẽtɔ etɔ̃awoe wɔ nusia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
wògblɔ be: “Nye Mawu nete esia ɖa xaa tso gbɔnye. Ðe mano ŋutsu siawo ƒe ʋu si nye woƒe agbe la? Wotsɔ woƒe agbe ke ɖaku tsia vɛ. Ale wògbe enono.” Kalẽtɔ etɔ̃awoe wɔ esia.