1 Chronicles 11:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wogblɔ na David be, “Màge ɖe afi sia o.” Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David ƒe Du.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yebusnɔlawo gblɔ na Dawid bena: Màte ŋu ava afisia o! Gake Dawid xɔ Zion ƒe mɔ̃ la, eya nye Dawid ƒe du la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yebusitɔwo gblɔ na David be: “Mage ɖe afi sia o.” Gake David xɔ Zion ƒe mɔ́ si nye David ƒe du la.