1 Chronicles 12:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woawoe nye ame siwo tso Yɔdan tɔsisi la le dzinu gbãtɔ me esi wòɖɔ gbagba eye wonya ame siwo katã nɔ balia me la ɖe du nu. Ɖewo si to ɣedzeƒe eye ɖewo hã si to ɣetoɖoƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woawoe tso Yordan le dzinu gbãtɔ me, esime wògbagba eƒe goawo katã, eye wonyã bali me nɔla, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, wòsi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woawoe tsò Yordan le ɣleti gbãtɔ le ƒè la me, esime tsia ɖɔ gba go. Wode zi balia me nɔlawo katã me le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, eye wosí.