1 Chronicles 12:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
David yi ɖakpe wo eye wògblɔ na wo be, “Ne mieva le ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mele klalo be mawɔ ɖeka kpli mi ke ne mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nye asiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu nakpɔe eye wòadrɔ̃ ʋɔnu mi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dawid do yi wo gbɔ, eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Nenye ŋutifafa me mieva gbɔnye le, be miaxɔ nam la, ekema mawɔ ɖeka kpli mi tso dzi me, ke nenye ɖe miehe, yewoaɖe agɔnyeme ɖe go na nye ketɔwo, evɔ wònye vɔ̃a ɖeke mele asinye me o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu akpɔ me, eye woatso me!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Edo go yi ɖakpe wo, eye wògblɔ na wo be: “Nenye ŋutifafa me mieva le, be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mawɔ ɖeka kpli mi tso dzime. Ke ne ɖe mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nyemewɔ vɔ̃ aɖeke o la, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la nekpɔe ne wòaka mo!”