1 Chronicles 13:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, egblɔ na Israel ha blibo la be, “Nenye be edze mia ŋu eye wònye Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu la, mina míaɖo du ɖe kpuiƒe kple didiƒe siaa ɖe mía nɔvi mamlɛ siwo le Israel ƒe anyigbawo katã dzi. Nenema ke míaɖo du ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo, ame siwo nɔ anyi kpli wo le woƒe duwo kple lãnyiƒewo me be woava kpe ɖe mía ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dawid gblɔ na Israel ƒe ameha blibo la bena: Ne edze mia ŋu, eye wòtso Yehowa, mia Mawu gbɔ la, ekema mina míado ame ɖe afiawo katã ɖe mía nɔvi, siwo kpɔtɔ ɖe Israel-nyigbawo katã dzi la gbɔ, hekpe ɖe nunɔlawo kple Lewi-viwo, si wo le woƒe lãnyiƒewo ƒe duwo me la gbɔ, ne woava kpe ta ɖe mía gbɔ,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ egblɔ na Israel ƒe ameha blibo la be: “Ne enyo na mi, eye wònye Aƒetɔ, mia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ekema mina miadɔ ame ɖo ɖe mía nɔvi susɔeawo le Israel-nyigba blibo la dzi. Míaɖo ame ɖe nunɔlawo kple Levi viwo hã le woƒe du kple agbletawo be woava ƒo ƒu ɖe mía gbɔ.