1 Chronicles 13:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Fia David kple Israel dukɔ blibo la yi Baala, si nye Kiriat Yearim le Yuda be yewoatsɔ Mawu Yehowa ƒe nubablaɖaka si woda ɖe kerubiwo tame la vɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid kple Israel blibo la ho yi Baala, eya nye Kiryat-Yearim, si nye Yuda lɔ, ne woatsɔ Mawu Yehowa, amesi le Kerubiwo ta me, afisi woyɔa eƒe ŋkɔ le la ƒe aɖaka tso afima vɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete David kple Israel bliboa yi Baala, si nye Kiryat-Yearim le Yuda, be woaɖakɔ Mawu Aƒetɔ, ame si nɔa kerubiwo tame le teƒe si wosubɔnɛ le la ƒe aɖaka la.