1 Chronicles 13:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Mawu ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, asiʋuiwo, gakogoewo kple kpẽwo ƒe ɖiɖi ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid kple Israel blibo la le ɣe ɖum le Mawu ŋku me kple ŋusẽ katã ɖe hadzidzi, saŋku kple kasaŋku, asiʋui kple gakogoe kpakple kpẽwo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David kple Israel blibo la le ɣe ɖum le Mawu ŋkume kple woƒe ŋusẽ katã ɖe hadzidzi, saŋku, kasaŋku, asiʋui kple gakogoe kpakple kpẽwo ŋu.