1 Chronicles 14:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale David kple eƒe aʋakɔ la yi ɖadze Filistitɔwo dzi le Baal Perazim eye wòtsrɔ̃ wo. Egblɔ be, “Mawu to dzinye kplɔ nye futɔwo dzoe abe ale si tsi ŋɔna tso tsixaɖoƒe ene!” Esia ta wòna ŋkɔ teƒe la tso ɣe ma ɣi be, “Baal Perazim” si gɔmee nye, “Aƒetɔ si gba go.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woho yi Baal-Perazim, eye Dawid si wo le afima. Tete Dawid gblɔ be: Mawu dze nye futɔwo to nye asi dzi, abe alesi tɔ ŋɔa goe ene! Eyata wòna ŋkɔ teƒe ma be Baal-Perazim.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale woho yi Baal-Perazim, eye David si Filistitɔwo le afi ma. David gblɔ be: “Mawu to nye asi dzi dze nye futɔwo abe ale si tsiɖɔɖɔ gbãa goe ene!” Eya ta woyɔa teƒe ma be Baal-Perazim.