1 Chronicles 14:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid dze sii be, Yehowa ye ɖo ye, be yeanye fia ɖe Israel nu, elabena eƒe fiaɖuƒe ŋkɔ de du le eƒe dukɔ Israel ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale David dze sii be Aƒetɔ ye ɖo ye fiae ɖe Israel nu, elabe eƒe fiaɖuƒea de du le eƒe dukɔ Israel ta.