1 Chronicles 17:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwòwo dometɔ ɖeka aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne wò ŋkekewo de, nèyi fofowòwo gbɔ la, ekema mado wò dzidzimevi, si tso viwòwo dome la, yowòme, eye mali ke eƒe fiaduƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wò agbenɔŋkekewo de be nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema maɖo wò dzidzimevi si tso wò ŋutɔ viwòwo dome la, yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.