1 Chronicles 17:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Azɔ la, Oo Yehowa, na be wò ŋugbe si nèdo ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la nali ke tegbetegbe. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata Yehowa, nɔ nya, si nègblɔ ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la dzi tegbee, eye nawɔ, abe alesi nègblɔ ene!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, azɔ na ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe ƒome la nava eme, eye nàwɔ nya si nègblɔ la dzi tegbee.