1 Chronicles 17:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi;
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale nagblɔ na nye dɔla Dawid enye si: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Mekplɔ wo tso alẽwo yome le lãnyiƒe, be naɖu amegã ɖe nye dukɔ Israel dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta gblɔ na nye dɔla David be: ‘Nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla mebe, meyɔ wò tso lãnyiƒe le alẽwo yome be nàva zu dziɖula ɖe nye dukɔ Israel nu.