1 Chronicles 18:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye wòda asrafo aɖewo ɖe Aram le Damasko, si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòyi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid teviwo hedzɔ nu nɛ. Ale Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe David ɖe asrafowo da ɖe Siria ƒe du gã Damasko me, eye Siriatɔwo zu David teviwo hedzɔ nu nɛ. Ale Aƒetɔ na David ɖu dzi le afi sia afi si wòyi la.