1 Chronicles 19:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Yoab kpɔ be, wodze aʋa ɖe ye ŋu le ŋgɔ kple megbe la, eɖe amewo le Israel ƒe ame baliawo katã dome, eye wòdze aʋa ɖe Aramtɔwo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yoab kpɔ be futɔwo ƒe aʋakɔa dze aʋa ɖe ye ŋu le ŋgɔ kple megbe la, etia Israel aʋakalẽtɔ tɔxɛwo be yeakpe aʋa kple Siria.