1 Chronicles 19:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le nɔvia Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye esi Amon-viwo kpɔ be, Aramtɔwo si la, woawo hã si le nɔvia Abisai nu yi ɖage ɖe dua me, Ke Yoab trɔ gbɔ va Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Amontɔwo kpɔ be Siriatɔwo le sisím la, woawo hã sí le Abisai Yoab nɔvi la nu yi dua me. Yoab trɔ va Yerusalem.