1 Chronicles 19:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wodɔ amewo be woadi aʋawɔla bubuwo tso Ufrates tɔsisi la godo eye wonɔ Sofak, Fia Hadadezer ƒe aʋafia gã ƒe kpɔkplɔ te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Aramtɔwo kpɔ be, Israel si yewo la, wodɔ ame woɖakplɔ Aramtɔ, siwo le tɔsisi la ƒe go keme dzi la vɛ, eye Hadadezer ƒe aʋafia Sofax enye wo kplɔla.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Siriatɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wodɔ ame ɖe Siriatɔ siwo le Frat-tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi be woaɖakplɔ wo vɛ. Sofax, Hadadezer ƒe aʋakplɔlae nɔ wo nu.