1 Chronicles 19:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David ɖo be, “Manyo dɔme na Hanun, Nahas ƒe vi elabena fofoa nyo dɔme nam.” Ale David dɔ amewo ɖa be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va tu Hanun le Amonitɔwo ƒe anyigba dzi be yewoado babaa nɛ la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid gblɔ bena: Mawɔ dɔmenyo na Naxas vi Xanun, elabena fofoa ve nunye. Eye Dawid dɔ amewo, be woaɖafa akɔ nɛ le fofoa ta. Ke esi Dawid ƒe dɔlawo va Xanun gbɔ le Amon-viwo ƒe anyigba dzi, be woafa akɔ nɛ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David gblɔ be: “Manyo dɔme na Xanun, Naxas vi elabe tɔ́a nyo dɔme nam.” Ale David dɔ amewo ɖa be woaɖafa akɔ nɛ le tɔ́a ƒe ku ta. David ƒe amedɔdɔawo va Xanun gbɔ le Amontɔwo ƒe anyigba dzi be yewoafa akɔ nɛ.