1 Chronicles 19:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woda tasiaɖam akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000) kple wo dolawo. Nenema ke wotsɔ Maaka fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, ame siwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba gbɔ, esime woyɔ Amonitɔwo ƒo ƒu tso woƒe duwo me eye wodo yi aʋakpeƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ aʋa Maaxa-fia kple eƒe dukɔ hekpe ɖe tasiaɖam akpe blaetɔ̃ vɔ eve ŋu, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba ŋgɔ. Eye Amon-viwo tso woƒe duwo meva kpe ta, be woawɔ aʋa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aʋawɔtasiaɖam akpe bla etɔ̃ vɔ eve si woda kpe ɖe Maaxa-fia kple eƒe aʋakɔ ŋu la va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba ŋkume. Amontɔwo tso woƒe duwo me va kpe ta be yewoawɔ aʋa.