1 Chronicles 2:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail. Zeruya ƒe viŋutsuwoe nye Abisai, Yoab kple Asahel.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wo nɔvinyɔnuwo nye Zeruya kple Abigail, eye Zeruya viwo nye Abisai, Yoab kple Asahel; wole wo ame etɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wo nɔvinyɔnuwoe nye Zeruya kple Abigail. Zeruya viŋutsuwoe nye: Abisai, Yoab kple Asahel, wole ame etɔ̃.