1 Chronicles 20:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, Yoab nɔ ŋgɔ na asrafohawo. Ewɔ Amonitɔwo ƒe anyigba wòtrɔ zu gbegbe eye woɖaɖe to ɖe Raba, ke David nɔ Yerusalem. Yoab dze Raba dzi eye wòwɔe wòzu aƒedo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi do edzi la. Yoab kplɔ aʋakɔ la, eye woɖagblẽ Amon-viwo ƒe anyigba, eye wòva ɖe to ɖe Raba; ke Dawid tsi Yerusalem. Eye Yoab si Raba, eye wògbãe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ƒe trɔ eye fiawo ƒe aʋahoɣi ɖo la, Yoab kplɔ aʋakɔ la doe kple ŋusẽ, eye woɖagblẽ nu le Amontɔwo ƒe anyigba dzi. Woɖe to ɖe Raba. Ke David ŋutɔ nɔ Yerusalem. Yoab si Raba, eye wògbãe.