1 Chronicles 20:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ laxalaxadɔwo, fiwo kple fiadɔwo. David wɔ alea le Amonitɔwo ƒe duwo katã me. Emegbe David kple eƒe aʋakɔ blibo la gbugbɔ yi Yerusalem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ekplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo, luƒotasiadamdɔwo kple fíadɔwo nu. Alea Dawid wɔ Amon-viwo ƒe duwo katãe, eye Dawid kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekplɔ dua me tɔwo do go dzoe ɖaɖo laxalaxa, kodzoe kple fía dɔwo na wo. Aleae David wɔ Amon-duawo katãe. Azɔ David kple eƒe ameawo gbɔ va Yerusalem.