1 Chronicles 20:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo me la, Elhanan, Yair ƒe vi, wu Lahmi, Goliat nɔvi, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe wogawɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye Elxanan, Yair-vi, wu Goliat nɔvi Lami tso Gat, amesi ƒe akplɔti le abe abaladoti ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe wogawɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye Elxanan Yair vi, wu Lami, Goliat nɔviŋutsu tso Gat. Lami ƒe akplɔti le abe abaladoti ene.