1 Chronicles 21:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne èlɔ̃ la, àtia be dɔwuame nava anyigba la dzi ƒe etɔ̃ loo, alo Israel ƒe futɔwo nasi mi ɣleti etɔ̃ loo alo Yehowa ƒe dɔla nana dɔvɔ̃ nawu amewo le anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃. Bu eŋuti nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si matsɔ ayi na ame si dɔm la.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
dɔwuame ƒe etɔ̃ loo, alo nasi le wò ketɔwo nu dzinu etɔ̃, eye wò futɔwo ƒe yi naɖe wò ɖe nu loo, alo Yehowa ƒe yi kple dɔvɔ̃ nanɔ anyigba dzi ŋkeke etɔ̃, eye Yehowa ƒe dɔla nawu ame le Israel-nyigba blibo la dzia? Azɔ bu eŋu, alesi maɖaɖo eŋu na amesi dom ɖa!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔwuame ƒe etɔ̃ loo, aʋasisi dzinu etɔ̃, esi me wò futɔwo naɖe wò ɖe nu kple yi loo, alo dɔ vɔ̃ ŋkeke etɔ̃, esi me Aƒetɔ atsɔ eƒe yi ɖe ŋuwò, eye eƒe dɔla agblẽ nu to anyigba blibo la me.’ Azɔ bu eŋu, nàɖo eŋu maɖagblɔ na ame si dɔm ɖa la.”