1 Chronicles 21:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na madze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dawid gblɔ na Gad bena: Mexaxa ŋuta! Na madze Yehowa si me, elabena eƒe amenuveve so gbɔ ŋutɔ; ke nyemele amegbetɔwo si me dze ge o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David ɖo eŋu na Gad be: “Mexaxa ŋutɔ, ke azɔ la, madze Aƒetɔ si me elabe eƒe amenuveve sɔ gbɔ ŋutɔ. Megana madze amegbetɔ si me o.”