1 Chronicles 21:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ le edzi. Edo gbe ɖa na Yehowa eye Yehowa ɖo eŋu nɛ heɖo dzo ɖa tso dziƒo wòva bi vɔsa la le vɔsamlekpui la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid ɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa hesa numevɔ kple akpedavɔ. Eye esi wòyɔ Yehowa la, etɔ ne, eye wòna dzo tso dziƒo va numevɔsamlekpui la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David ɖi vɔsamlekpui la na Aƒetɔ ɖe afi ma, eye wòsa numemevɔ kple ŋutifafavɔ, eye wòyɔ Aƒetɔ. Etɔ nɛ, eye wòna dzo tso dziƒo va numemevɔsamlekpui la dzi.