1 Chronicles 21:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ta la, Yoab wɔ nu si wòɖo nɛ. Ezɔ mɔ to Israelnyigba blibo la dzi eye wòtrɔ yi Yerusalem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi fia la tsi eƒe nya la dzi na Yoab la, Yoab yi ɖatsa le Israel blibo la, eye wògbɔ va Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake fia la té nya la ɖe Yoab dzi, ale Yoab yi ɖatsa le Israel-dukɔ blibo la me gagbɔ va Yerusalem.