1 Chronicles 22:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta ne èlé se kple ɖoɖo siwo wòna Israel to Mose dzi me ɖe asi la, nuwo adze edzi na wò. Wɔ kalẽ eye nàlé dzi ɖe ƒo; mègavɔ̃ o, ke boŋ nàtsɔ dzo ɖe wò dɔwo ŋu!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne èlé ɖoɖo kple kɔnu, siwo Yehowa ɖo na Mose hena Israel-viwo la me ɖe asi, eye nèwɔ wo dzi la, ekema akpɔ dzagbenyuie. Sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo, megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne èkpɔ ɖokuiwò dzi, eye nèlé ɖoɖo kple kɔnu, siwo Aƒetɔ ɖo da ɖi na Israel-dukɔ to Mose dzi la me ɖe asi la, ekema eme anyo na wò. Do ŋusẽ nu eye nalé dzi ɖe ƒo. Mègavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o!