1 Chronicles 22:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Metsɔ dzigbɔɖi blibo di sika ‘tɔn’ akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450), klosalo ‘tɔn’ akpe blaetɔ̃-vɔ-ene alafa atɔ̃ (34,500) kple akɔbli kple gayibɔ kpekpeme gã aɖe hekpe ɖe ati kple kpe ŋu hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu; mɔɖeɖe li be miadi nu siawo akpe wo faa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, medze agbagba ƒo sika talento akpe alafa kple klosalo talento akpe teƒe akpe nu ƒu ɖe Yehowa ƒe xɔ la ŋu hekpe ɖe akɔbli kple gayibɔ, siwo mele dada me o la ŋuti, wosɔ gbɔ ŋutɔ; meƒo atiwo kple kpewo nu ƒu, eye nadi bubuwo akpe de wo ŋu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Meku kutri ƒo sika ton akpe etɔ̃ alafa ene kple klosalo ton akpe bla etɔ̃ vɔ ene nu ƒu ɖe xɔ la tutu ŋu. Hekpe ɖe esia ŋu la, akɔbli kple ga yibɔ gbogbo aɖe si mele dadame o la hã li. Nenema ke meƒo ƒu ati kple kpe hã ɖi. Wò hã gadi ɖe kpe nu siawo.