1 Chronicles 22:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, midze agbagba le go ɖe sia ɖe me be, miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la eye miatsɔ nubablaɖaka la kple nu kɔkɔe bubu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata midi Yehowa, mia Mawu la, kple miaƒe dzi kpakple miaƒe luʋɔ, eye mitso, ne miatu Yehowa Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, ne woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple Mawu ƒe nu kɔkɔeawo ada ɖe xɔ, si tu ge woala na Yehowa ƒe ŋkɔ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta miaƒe susu kple dzi naku ɖe Aƒetɔ, mia Mawu ŋu. Mitso ne miatu Aƒetɔ, Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, bene woatsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la kple Mawu ƒe nu kɔkɔeawo ava xɔ si tu ge woala na Aƒetɔ la me.”