1 Chronicles 22:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David gblɔ be, “Vinye Solomo nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, evɔ ele be Yehowa ƒe gbedoxɔ la nanye xɔ nyui, wɔnuku, xɔŋkɔ aɖe le xexe blibo la me eya ta made asi dzadzraɖowɔwɔ me na etutu tso fifia.” Ale David ƒo ƒu xɔtunuawo da ɖi hafi eƒe kuɣi ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid gblɔ bena: Vinye Salomo enye ɖekakpui dzaa ko, eye xɔ, si wole tutu ge na Yehowa la, ele be, wòalolo ŋutɔ, ne eƒe ŋkɔ kple bubu nade anyigbawo katã dzi, eyata maƒo nuwo nu ƒu ɖi nɛ! Ale Dawid ƒo nuwo nu ƒu taŋtaŋ hafi va ku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David wɔ esia elabe egblɔ be: “Ðekakpui dzaa, makpɔnuteƒe koe nye vinye Salomo. Evɔ xɔ si wole tutu ge na Aƒetɔ la, ele be wòalolo, anyakpɔ ne eŋu ŋkɔ kple bubu nade du. Eya ta madzra ɖo ɖe eŋu nyuie.” Ale David ƒo nuwo nu ƒu ɖi fũu hafi va ku.