1 Chronicles 24:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hatsotso ɖe sia ɖe wɔ eƒe dɔdeasi le gbedoxɔ la me abe ale si Mawu ɖoe da ɖi to wo fofo Aron dzi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia nye woƒe ɖoɖomewo hena woƒe dɔwɔwɔ, ne woayi Yehowa ƒe aƒe la me le ɖoɖo, si wo fofo Aron do na wo la nu, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se nɛ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siawo xɔ woƒe dɔdeasi si woɖo na wo le woƒe subɔsubɔdɔ me be woava Aƒetɔ ƒe aƒe la me le ɖoɖo si wo tɔ́ Aron ɖo na wo la nu, abe ale si Aƒetɔ, Israel Mawu la ɖo nɛ la ene.