1 Chronicles 24:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wodzidze nu hafi de dɔ asi na wo abe Aron ƒe dzidzimeviwo ene; womebu woƒe tsitsi alo ɖoƒe ŋu o. Wowɔe le Fia David, Zadok, Ahimelek kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Levitɔwo ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woawo hã dzidze nu abe wo nɔvi Aron viwo ke ene, le fia Dawid, Zadok kple Aximelex kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo ŋku me; aƒekɔwo ƒe ame tsitsiwo kple woƒe tsɛwo siaa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woawo hã dzidze nu abe wo nɔvi Aron ƒe dzidzimeviwo ke ene le David, fia la, Zadok, Aximelex kple nunɔlawo kpakple Levi viwo ƒe ƒometatɔwo ŋkume. Ƒometatɔ tsitsiawo kple wo tsɛwo siaa nɔ eteƒe.