1 Chronicles 24:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Semaya, tso Levitɔwo dome, ame si fofoe nye Netanel la, nye nuŋlɔla. Eŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dɔdeasiwo da ɖi le fia la kple Nunɔla Zadok kple Ahimelek, Abiata ƒe vi kple Levitɔwo ƒe tatɔwo ŋkume. Wode dɔ ɖe sia ɖe asi na Eleazar ƒe viwo ƒe ha eveawo kple Itamar ƒe viwo ƒe ha ɖeka la sɔsɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye agbalẽŋlɔla Semaya, Netaneel vi tso Lewi-viwo dome, ŋlɔ wo ɖi le fia la kple amegãwo, nunɔla Zadok kple Aximelex, Abyatar vi, kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo ŋku me; ne wodzidze nu ɖe Eleazar ƒe aƒekɔ ɖeka dzi la, ekema wodzidzea nu ɖe Itamar to ɖeka dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wodzidze nu ɖe Eleazar ƒe ƒome ɖeka dzi la, wodzidzea nu ɖe Itamar hã ƒe ƒome ɖeka dzi. Agbalẽŋlɔla Semaya, Netaneel vi, tso Levi viwo domee ŋlɔnɛ ɖi. Fia ŋutɔ, dumegãwo, nunɔla Zadok, Aximelex, Abyatar vi la kple nunɔlawo kple Levi viwo ƒe ƒometatɔwo le eteƒe.