1 Chronicles 26:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Via bubuwo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Hilkia, vi evelia, Tebalia, vi etɔ̃lia kple Zekaria, vi enelia. Hosa ƒe viwo kple nɔviawo de ame wuietɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
evelia nye Xilkiya, etɔ̃lia nye Tebalya, eye enelia nye Zaxarya; Xosa viwo katã kple nɔviawo le wo ame wuietɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xilkiyae nye vi evelia. Tebalya nye etɔ̃lia, eye Zaxarya nye enelia. Xosa viwo katã kple nɔviawo de ame wui ene.