1 Chronicles 26:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotia Hasabia kple eƒe hlɔ̃metɔ akpe ɖeka alafa adre (1,700) tso Hebron, ame siwo katã nye ame ŋkutawo la be, woakpɔ Israelvi siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la dzi. Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ afi ma tɔwo ƒe Mawusubɔbɔnyawo kple dukɔmenyawo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wotsɔ Xebron viwo, siwo nye Xasabya kple nɔviawo ame akpe ɖeka kple alafa adre, siwo nye ame zãzɛwo, ɖo Israel nu le Yordan ƒe go si me le ɣetoɖoƒe gome hena Yehowa ƒe dowo katã kple fia la subɔsubɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotia Xasabya kple nɔvia ame akpe ɖeka kple alafa adrẽ, tso Xebron ƒe dzidzimeviwo dome. Wonye ame siwo ŋu ŋutete le ŋutɔ, eye wotsɔ wo ɖo Israel-nyigba la ƒe akpa si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe gome ne woakpɔ subɔsubɔdɔ kple dukɔmenyawo gbɔ.