1 Chronicles 26:32 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ƒometɔ akpe eve alafa adre (2,700) nɔ Yeria si. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ, wonye ƒometatɔwo. Fia David tsɔ wo ɖo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nu be woakpɔ nya sia nya si ku ɖe Mawu kple fia la ŋu la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nɔviawo nye ame zãzɛwo, eye wole tatɔ akpe eve kple alafa adre le aƒekɔawo me. Woawo Dawid tso ɖo Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo ƒe to afã la nu le Mawu kple fia ƒe nyawo katã gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woawoe David tsɔ ɖo Ruben, Gad kple Manase ƒe to afã si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome la nu, be woakpɔ Mawu subɔsubɔ kple fia la ƒe nyawo gbɔ.