1 Chronicles 27:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esiae nye Israelviwo ƒe hatsotsowo le ƒometatɔwo, ame akpewo ƒe tatɔwo, ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo nu, ame siwo wɔ dɔ na fia la le aʋakɔ la ƒo hatsotsowo me, ame siwo nɔa dɔme dzinu ɖeka ɖe wo nɔewo yome le ƒea me. Ŋutsu akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) nɔ hatsotso ɖe sia ɖe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esiawo nye Israel-viwo le woƒe xexlẽmewo nu, aƒekɔwo ƒe tatɔwo, ame akpewo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple woƒe dɔdzikpɔlawo, amesiwo subɔ fia la, ha sia ha le eƒe ɖoɖo nu; wovana, eye wodzona dzinu sia dzinu le ƒe la me; ha sia ha le ame akpe blave vɔ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esiae nye Israelviwo ƒe xexlẽme ɖe woƒe hatsotso vovovoawo nu: ƒometatɔwo, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo, ame siwo subɔa fia la. Hatsotsoawo vana, eye woɖɔlia wo nɔewo, ɣleti sia ɣleti le ƒè la me. Ame akpe bla eve vɔ enee le hatsotso ɖe sia ɖe me.