1 Chronicles 27:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hatsotso wuievelia ƒe tatɔe nye Heldai tso Netofa, tso Otniel ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuievelia me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wuievelia, le dzinu wuievelia me, enye Netofatitɔ Xeldai tso Otniel viwo dome, eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣleti wui evelia ƒe hatsotso nɔ Xeldai, Netofatitɔ, si nye Otniel ƒe dzidzimevi la ƒe kpɔkplɔ te. Ame akpe bla eve vɔ ene nɔ hatsotso la me.