1 Chronicles 27:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si dze amexexlẽ la gɔmee nye Yoab, Zeruya ƒe vi gake mete ŋu wu enu o elabena Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu eya ta womede amexexlẽ sia ƒe nukpɔkpɔ Fia David ƒe ŋutinya me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yoab, Zeruya vi, de asi wo xexlẽ me, ke mewu enu o, elabena eyatae dɔmedzoe va Israel dzi ɖo; eya ŋuti womede xexlẽme la fia Dawid ŋutinya me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yoab, Zeruya viŋutsue dze wo xexlẽ gɔme; ke mewu enu o, elabe esia he dɔmedzoe va Israel dzi. Ale womede xexlẽme la fia David ƒe ŋutinyagbalẽ me o.