1 Chronicles 27:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azmavet, Adiel ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzi eye Yonatan, Uzia ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa kesinɔnuwo dzraɖoƒe la dzi le duwo kple kɔƒewo kple mɔwo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azmawet, Adiel vi, le fia la ƒe kesinɔnuwo nu, eye Yonatan, Uziya vi, le nusiwo wodzra ɖo ɖe agblewo, duwo, kɔƒewo kple mɔwo me la nu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzikpɔlae nye: Azmavet, Adiel vi. Yonatan, Uziya vie kpɔa nudzraɖoƒe siwo le agblewo, dutawo, kɔƒewo kple mɔ́ sesẽwo me la dzi.