1 Chronicles 28:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David yɔ Israel ƒe dɔdzikpɔlawo katã ƒo fu ɖe Yerusalem; Woawoe nye to vovovoawo ƒe tatɔwo, aʋafia siwo nɔ hatsotsoawo nu le fia la ƒe dɔ me, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo, dɔnunɔla siwo kpɔa fia la ƒe viŋutsuwo kple eƒe nunɔamesiwo kple lãhawo dzi, kpe ɖe fiasã la me dɔwɔlawo kple kalẽtɔwo kple aʋakalẽtɔwo ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tele Dawid ƒo Israel ƒe amegãwo katã, toawo ƒe amegãwo, hawo ƒe amegã, siwo subɔa fia la, ame akpewo ƒe amegãwo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple amesiwo kpɔa fia la kple viawo ƒe kesinɔnuwo kple lãhawo dzi la nu ƒu ɖe Yerusalem hekpe ɖe aƒedzikpɔlawo, kalẽtɔwo kple ŋutsu ŋkumesesẽtɔwo katã ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David ƒo Israel-dumegãwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem. Ale toawo ƒe hatsotso siwo subɔa fia la ƒe kplɔlawo: ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo, ame siwo katã kpɔa fia ƒe nunɔamesiwo, eƒe lãhawo kple viawo dzi, fiasã la dzikpɔlawo, aʋakalẽawo kpakple aʋawɔlawo katã va ƒo ƒu.