1 Chronicles 28:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eda sika hena kplɔ̃wo wɔwɔ na Ŋkumeɖobolo ɖe sia ɖe eye wògada klosalo na klosalokplɔ̃wo hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
sika alesi nu atu ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃wo dome ɖe siaɖe nu, kple klosalo ɖe klosalokplɔ̃awo ŋu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ sika kple klosalo kpekpeme si woatsɔ awɔ sikakplɔ̃ si dzi woada aboloawo ɖo kple klosalo si hiã na klosalokplɔ̃wo la nɛ.