1 Chronicles 28:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotso vovovoawo asubɔ le gbedoxɔ la me. Ame bubu siwo nya aɖaŋu vovovowo la atsɔ wo ɖokuiwo ana hena dɔwo wɔwɔ. Dumegãwo kple dukɔ blibo la aɖo to wò eye woanɔ wò kpɔkplɔ te.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe hawo nye esi ɖe Mawu ƒe aƒe la ƒe subɔsubɔdɔwo katã ŋu, eye aɖaŋuwɔla, siwo lɔ̃ le wo ɖokui si hena do vovovowo wɔwɔ kple amegãwo kpakple du ko blibo la, le asiwò me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, nunɔlawo kple Levi viwo ƒe hatsotsoawoe nye esi li na subɔsubɔdɔ ɖe sia ɖe le Mawu ƒe aƒe la ŋu. Aɖaŋudɔwɔla geɖe siwo nya nu vovovowo la lɔ̃ faa be yewoakpe ɖe ŋuwò, eye dumegãwo kple dukɔ blibo la le asiwò nu ko kpɔm.”