1 Chronicles 28:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ nam be, ‘Viwò, Solomo atu gbedoxɔ la elabena metiae abe vinye ene eye manye fofoa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam be: Viwò Salomo netu nye xɔ, eye wòatɔ nye kpɔwo, elabena metia eya, ne wòanye vinye, eye nyea manye fofoa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ nam be: ‘Viwò Salomo ye atu nye aƒe kple eƒe xɔxɔnuwo, elabe metiae be wòanye vinye, eye manye tɔ́a.