1 Chronicles 28:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Azɔ wò vinye Salomo, dze si tɔ́wò ƒe Mawu la, ne nàsubɔe kple wò tamesusu kple dzimedidi ɖeka dzaa, elabe Aƒetɔ dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya ame sia ame ƒe ɖoɖo kple tamesusu! Ne èdii la, ana nàkpɔe; ke ne ètrɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.