1 Chronicles 29:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye sikanuwɔlawo kple klosalonuwɔlawo natsɔ wo awɔ sikanuwo kple klosalonuwo. Azɔ la, ame kae lɔ̃ be yeakɔ ye ɖokui ŋuti egbea na Yehowa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye woatsɔ wo awɔ sikanuawo katã kple klosalonuawo katã kpakple aɖaŋuwɔlawo ƒe do vovovoawoe. Azɔ, amekae lɔ̃ le eɖokui si be, yeana nu Yehowa egbea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woatsɔ wo awɔ sikanuawo kple klosalonuawo katã kpakple aɖaŋuwɔlawo ƒe dɔ vovovoawoe. Azɔ mia dometɔ kae lɔ̃ be yeana nu Aƒetɔ faa egbea?”